Romans 5

Ŋutifafa kple dzidzɔ

1Eya ta azɔ la, esi wodzra mí kple Mawu dome ɖo to ale si míexɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se ta la, ŋutifafa vavãtɔ ate ŋu anɔ mí kple Mawu dome le nu si Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, wɔ na mí ta. 2Elabena le míaƒe xɔse ta la, ekplɔ mí va afi sia, afi si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ le, afi si míetsi tsitre ɖo eye míele mɔ kpɔm dzidzɔtɔe le xɔse me be míava zu nu si tututu Mawu ɖo ɖe mía ŋu be míava zu.

3Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne nukpekeamewo kple tetekpɔwo va mía dzi elabena míenya be wonye nu nyuiwo na mí, wokpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ dzidodo. 4Dzidodo doa ŋusẽ míaƒe nɔnɔme eye wòkpena ɖe mia ŋu be míaxɔ Mawu dzi ase wu, ɣesiaɣi si míawɔ eŋudɔ va se ɖe esime le nuwuwu la, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple xɔse va sẽa ŋu eye wonɔa te. 5Ekema ne eva eme alea la, kakaɖedzi nɔa mía me le nyadzɔdzɔ ɖe sia ɖe me be nu sia nu anyo, elabena míenya ale si Mawu lɔ̃a mí. Míesea Mawu ƒe lɔlɔ̃ sia le mía me elabena Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mí be wòatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ayɔ míaƒe dzime.

6Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta. 7Mebɔ be ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta o ke ame nyui ya la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eya ta. 8Gake Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. 9Eye esi wòtsɔ eƒe ʋu wɔ esiawo katã na mí, ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye azɔ esi eya ŋutɔ tso afia na mí la, ale ke gbegbe wòagawɔ na mí wu? Azɔ la, aɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe siwo katã gbɔna la me. 10Eye, esi míenye eƒe futɔwo tsã, gake Via ƒe ku gbugbɔ mí va Mawu gbɔe la, ele be yayra geɖewo nanɔ esi na mí le esi míenye xɔlɔ̃awo azɔ eye wòle agbe le mía me la ta.

11Fifia miekpɔ dzidzɔ le míaƒe ƒomedodo wɔnuku kple Mawu ŋuti. Ƒomedodo yeye sia tso nu si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ na mí to eƒe ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la me. Ku sia wɔ mí Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwoe.

Ku va to Adam me, agbe va to Kristo me

12To Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nu vɔ̃ ge ɖe amegbetɔƒome blibo la me. Eƒe nu vɔ̃ he ku va xexe blibo la me, ale nu sia nu de asi tsitsi kple kuku me, elabena ame sia ame wɔ nu vɔ̃. 13Míenya be Adam ƒe nu vɔ̃e he esia vɛ, elabena, togbɔ be amewo nɔa nu vɔ̃ wɔm tso Adam dzi va ɖo Mose ƒe ɣeyiɣiwo me hã la, Mawu medrɔ̃ ʋɔnu wo, tso kufia na wo le eƒe sewo dzi dada ta o, elabena mena eƒe sewo wo haɖe o, eye megblɔ nu si wòdi be woawɔ la hã na wo o. 14Eya ta woƒe ŋutilã ƒe kuku metso woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo gbɔ o, elabena woawo ŋutɔ meda Mawu ƒe se tɔxɛ ma dzi eye woɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la abe Adam ene o.

Vovototo gã ŋutɔe le Adam kple Kristo si meva haɖe o la dome!
15Nenema ke vovototo gã ŋutɔe le amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ kple Mawu ƒe tsɔtsɔke dome!

Elabena ame ɖeka sia, Adam, he ku vɛ na ame geɖewo to eƒe nu vɔ̃ me. Ke ame bubu ɖeka sia, Yesu Kristo, he tsɔtsɔke vɛ na ame geɖewo to Mawu ƒe amenuveve me.
16Adam ƒe nu vɔ̃ ɖeka he tohehe si nye ku la vɛ na ame geɖewo le esime Kristo ɖe míaƒe nu vɔ̃ gbogboawo ɖa faa eye wòna agbe si me ŋutikɔkɔe le la mí ɖe nu vɔ̃ teƒe. 17Adam ɖeka ƒe nu vɔ̃ na ku zu fia ɖe ame sia ame dzi, ke ame siwo axɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke ƒe nunana la, woazu fiawo le agbe sia me le Yesu Kristo ɖeka la ta. 18Nyateƒe, Adam ƒe nu vɔ̃ he tohehe vɛ na ame sia ame, ke Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye dzra Mawu kple amewo dome ɖo ale be woate ŋu anɔ agbe. 19Adam na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo elabena meɖo to Mawu o; Kristo na be ame geɖewo nakpɔ xɔxɔ le Mawu gbɔ elabena eɖo to Mawu.

20Wotsɔ Se Ewoawo na amegbetɔwo ale be ame sia ame nanya ale si gbegbe wògbe mewɔ Mawu ƒe sewo dzi o. Ke zi ale si nu míedzea si míaƒe nu vɔ̃ wɔlawo nyenye la, zi nenema kee míedzea si Mawu ƒe amenuveve gbãgo la kple ale si wònaa tsɔtsɔke míi. 21Tsã la, nu vɔ̃ ɖu ame sia ame dzi eye wòkplɔ amewo katã de ku me; ke azɔ la, Mawu ƒe amenuveve ɖu dzi ɖe eteƒe eye wòna mí kple Mawu dome le nyuie ale míekpɔa agbe mavɔ la to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi.

Copyright information for EweBEE